Acts 2

Gbɔgbɔ Kɔkɔe kɔkɔ ɖe anyi le Penetekoste ŋkeke dzi

1Le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi ƒe kwasiɖe adre megbe la, Pentekoste ŋkekenyui la gaɖo. Yesu dzixɔsela siawo gaƒo wo ɖokuiwo nu ƒu ɖe teƒe ɖeka henɔ gbe dom ɖa le ɖekawɔwɔ blibo me. 2Kasia wose gbeɖiɖi aɖe abe ya sesẽ aɖe ƒe ƒoƒo ene le xɔa tame tututu, eye aƒea me katã yɔ kple gbeɖiɖia. 3Enumake nane si ɖi dzobibi ƒe aɖewo la dze ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe tame, 4kasia, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ ame sia ame si le afi ma la me fũ eye wode asi gbegbɔgblɔ bubu si womenya tsã o la gbɔgblɔ me elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na ŋutete sia wo.

5Le ɣemaɣi hã la, Yudatɔ mawuvɔ̃la geɖewo tso dukɔ vovowo me va Yerusalem be yeawoɖu ŋkeke tɔxɛ sia. 6Esi wose ɣli sesẽ si nɔ ɖiɖim le afi si apostoloawo nɔ la, ame geɖewo fũ ŋutɔ ɖe abla va teƒea be yewoakpɔ nu si nɔ edzi yim ɖa. Ame siawo ƒe nu ku ŋutɔ esi wose nusrɔ̃lawo wonɔ gbe vovovowo gblɔ eye ame sia ame se wonɔ eƒe degbe gblɔm.

7Nu sia wɔ nuku na amedzroawo ale gbegbe be wogblɔ be, “Ame siawo katã ɖe, menye Galileatɔwoe wonye oa? 8Ke ale ke wɔ míese wole anyigba siwo dzi wodzi mía dometɔ ɖe sia ɖe ɖo la ƒe gbe gblɔm mahã? 9Mía dometɔ aɖewo nye Patiatɔwo, ɖewo nye Midiatɔwo kple Elamtɔwo, bubuwo hã tso Mesopotamia, Yudea, Kapadokia, Ponto kple Asia nutowo me. 10Ame aɖewo gɔ̃ hã tso keke Frigia, Pamfilia, Egipte kple Libia si le Kirene gbɔ. 11Ẽ, ame aɖewo tso Roma gɔ̃. Ame siawo nye Yudatɔ vavãwo kple trɔ̃subɔla siwo ŋutɔ trɔ zu Yudatɔwo, eye bubuwo hã nye Kretatɔwo kple Arabiatɔwo. Mía dometɔ ɖe sia aɖe se ame siawo le Mawu ƒe nukunu gãwo ƒe nya gblɔm le eya ŋutɔ degbe me!”

12Ameha blibo la ƒe nu ku eye woƒe mo wɔ yaa le nyadzɔdzɔ sia ta eye wobia wo nɔewo be, “Nu sia gɔme ɖe?”

13Gake ame aɖewo ya nɔ ameha la me nɔ fewu ɖum le apostoloawo ŋu be, “Ame siawo la, aha yeye womu, menye nu tɔxɛ aɖekee le dzɔdzɔm o.”

Petro ƒe mawunyagbɔgblɔ na ameha la

14Azɔ la Petro kple apostolo wuiɖekɛawo tsi tre eye Petro ƒo nu na wo kple gbe sesẽ be, “Agoo na mi, Yudaeatɔwo, mi amedzrowo kple Yerusalem nɔlawo siaa, miɖo to miasee! 15Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be ahae le mía mum, ke medi be mianya nyui be mía dometɔ aɖeke mede nu aha me ŋdi sia o. Miawo ŋutɔwo mienyae be ŋu meke haɖe na ahanono o elabe ŋdi ga asieke me ko míele fifia. 16Ke boŋ nu si teƒe kpɔm miele ŋdi sia la nye nu si Nyagblɔɖila Yeol gblɔ ɖi xoxoxo ƒe alafa nanewoe nye esi va yi be, 17‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, Mawu gblɔ be makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe amegbetɔƒomewo katã dzi. Esia ana be mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi. Hekpe ɖe esia ŋu la, mia viŋutsuwo akpɔ ŋutegawo eye ame tsitsiwo hã aku drɔ̃e le nu siwo ava dzɔ la ŋuti. 18Ẽ, Gbɔgbɔ la ayɔ nye subɔlawo katã me, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ale be woagblɔ nya ɖi. 19Mana nukunuwo nadzɔ le dziŋgɔlĩ me kple anyigba dzi siaa, eye wòadze abe ʋu, dzobibi kple dzudzɔtutu 20kɔlikɔli ene. Hafi ŋkeke dziŋɔ si Aƒetɔ la ɖo da ɖi nava la, ɣe atrɔ zu viviti eye ɣleti abia hẽ abe ʋu ene. 21Ke ame si abia nublanuikpɔkpɔ tso Aƒetɔ la gbɔ la akpɔ ɖeɖe.’”

22Petro yi eƒe nuƒoa dzi gblɔ be, “Mi Israeltɔwo, miɖo to miasee! Mawu wɔ nukunu klitsu geɖewo le mia dome to Yesu Nazaretitɔ la dzi, be yeatsɔ aɖo kpe edzii be, Yesu nye ye vi vavã. Nu siawo katã le nyanya me na mi pɛpɛpɛ. 23Azɔ, abe ale si Mawu ŋutɔ wɔ ɖoɖo da ɖi xoxo ene la, eɖe mɔ na mi, mieto Roma dziɖuɖua dzi klã Yesu ɖe atitsoga ŋu eye miewui. 24Gake Mawu ŋutɔ gaɖe Yesu tso ku ƒe ŋɔdzi me, fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, elabena ku ƒe ŋusẽ mete ŋu ɖu Yesu dzi o.

25“Fia David ƒo nu tso Yesu ŋu be, ‘Menya be nye Aƒetɔ la le gbɔnye ɖaa. Ekpena ɖe ŋunye, ẽ, Mawu ƒe ŋusẽ gã la xɔna nam.

26“‘Esia ta dzidzɔ blibo yɔ nye dzime eye mele Mawu kafum ɖaa gbe sia gbe. Kakaɖedzi le asinye hã be nu sia nu anyo nam le ku me gɔ̃ hã.

27“‘Mawu, magblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe o, eye mana be e ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe ŋutilã nanyunyɔ o.

28“‘Àna magbɔ agbe eye makpɔ dzidzɔ le blibo gbɔwò.’”

29Petro yi edzi be, “Nɔviwo, mibu tame nyuie! Mía Togbui David menɔ nu ƒom le eɖokui ŋuti esi wògblɔ nya siwo megblɔ na mi la o. Elabena David ku xoxoxo eye eƒe yɔdo gɔ̃ hã le mía dome afii. 30David nye nyagblɔɖila eye enya be Mawu do ŋugbe matrɔmatrɔ da ɖi be, David ƒe dzidzimevi ɖeka ava zu Mesia la eye wòanɔ David ƒe fiazikpui dzi aɖu fia. 31Gawu la David kpɔ nu siwo ava dzɔ le ŋgɔgbea eye wògblɔe ɖi le Mesia la ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome ŋu be, eƒe luʋɔ matsi tsiẽƒe o, eye eƒe ŋutilã manyunyɔ o. 32Yesu ŋue David gblɔ nya siawo tsoe eye le nyateƒe me la, mí katã míate ŋu aɖi ɖase be Mawu fɔ Yesu tso ame kukuwo dome vavã.

33“Ke fifia la, Yesu bɔbɔ nɔ bubu ƒe fiazikpui kɔkɔtɔ dzi le Mawu ŋutɔ gbɔ tututu. Eye abe ale si Fofo la ŋutɔ do ŋugbee ene la, ena ŋusẽe be wòaɖo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía me eye eya ƒe dɔwɔnae nye nu siwo kpɔm miele kple nu siwo sem mièle fifia. 34Elabena David melia yi dziƒo o, gake egblɔ be, ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be: nɔ anyi ɖe nye nuɖusime 35va se ɖe esime mawɔ wò futɔwo wò afɔɖodzinuwoe.’

36“Eya ta mika ɖe edzi na Israel bliboa be Mawu wɔ Yesu sia, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋu la Aƒetɔ la kple Kristo la siaa.”

37Petro ƒe nyawo wɔ dɔ ɖe ameha la dzi ale gbegbe be wo dometɔ aɖewo bia Petro kple apostolo bubuawo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala?”

38Petro ɖo eŋu na wo be, “Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ ɖe Mawu ŋu eye woade mawutsi ta na mi le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me bena woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Ne miewɔ esia la ekema miawo hã miaxɔ nunana sia, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. 39Elabe Kristo do Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋugbe na mia dome ame sia ame si Aƒetɔ Mawu ŋutɔ yɔ va eɖokui gbɔe eye menye miawo ɖeɖe ko o, ke boŋ na mia viwo kple ame siwo tso dukɔ bubuwo me gɔ̃ hã.”

40Petro yi dzi hegblɔ mawunya didi aɖe na ameha la. Eƒo nu le Yesu ŋu na wo eye wòbia tso wo si be woadze agbagba adzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye woaɖe wo ɖokuiwo ɖa tso nu vɔ̃ɖi siwo le edzi yim le dukɔa me la gbɔ. 41Ame abe akpe etɔ̃ sɔŋ xɔ Petro ƒe nyawo dzi se ale be wona wòde mawutsi ta na wo gbe ma gbe ke.

Yerusalem hame la

42Ame siawo ge ɖe xɔsetɔwo ƒe habɔbɔ me eye wo katã wodoa go edziedzi hesrɔ̃a mawunya tso apostoloawo gbɔ; wodoa gbe ɖe eye woɖua Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la hã. 43Wo katã nɔ anyi le vɔvɔ̃ tɔxɛ me eye apostoloawo hã wɔ nukunu geɖewo wokpɔ.

44Xɔsetɔwo katã nɔ teƒe ɖeka, wowɔ woƒe nuwo katã hamenui 45wotsɔ woƒe kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo dzra eye woma ga la na amae sia ame ɖe eƒe hiahiã nu. 46Wokpea ta ɖe gbedoxɔ la me gbe sia gbe hesubɔa Mawu. Wogamaa wo ɖokuiwo ɖe ha suesuewo me hã eye wodoa go le wo nɔewo ƒe aƒewo me heɖua Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Woɖua nu ɖekae hã dzidzɔtɔe, 47wonɔa akpedada na Mawu, dzi ɖaa, amewo katã kpɔa ŋudzedze nyuie le xɔsetɔ siawo ŋuti eye Aƒetɔ la tsɔa ame siwo kpɔ xɔxɔ la kpena ɖe wo ŋuti gbe sia gbe.

Copyright information for EweBEE